Acts 19

Paulo ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia

1Esime Apolo ganɔ Korinto la, Paulo hã zɔ mɔ to Terki nutowo me va ɖo Efeso. Ekpɔe be xɔsetɔ aɖewo le afi ma eye le woƒe nyamedzodzro me la, 2Paulo bia wo se be, “Esi miezu kristotɔwo ɖe, miexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe ɖe mia mea?”

Ke woɖo eŋu be, “Ao, míexɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la o eye le nyateƒe me la, míese eŋkɔ hã kpɔ o. Nu kae wònye?”

3Paulo yi dzi bia wo be, “Ekema nu ka dzie miexɔ se hafi wode mawutsi ta na mi?” Woɖo eŋu be, “Wode mawutsi ta na mí ɖe Yohanes Mawutsidetanamela ƒe nufiafia nu.”

4Nya sia mevivi na Paulo o ale wòfia wo be Yohanes Mawutsidetanamela ɖe ko wòwɔe be yeafia ale si ame nadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ atrɔ va Mawu gbɔ eye emegbe la wòaxɔ Yesu Kristo ame si ƒe nya Yohanes gblɔ be ele vava ge la dzi ase ale be woade mawutsi ta nɛ ɖe eƒe ŋkɔ me.

5Esi wose nya sia la wo katã wolɔ̃ eye Paulo gbugbɔ de mawutsi ta na wo ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me. 6Emegbe la, Paulo do gbe ɖa ɖe wo ta eye wòda asi ɖe wo dzi ale be Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ge ɖe wo me, eye woƒo nu kple gbegbɔgblɔ bubuwo hegblɔ nya ɖi hã. 7Ameawo ƒe xexlẽme nɔ ame wuieve.

8Paulo nɔ Efeso ɣleti etɔ̃ nɔ mawunya gblɔm le Sabat dzi. Edzea agbagba ɣesiaɣi be yeagblɔ nu si dzi wòxɔ se le mawufiaɖuƒea ŋu kple nu si ta wòxɔ edzi se la afia eye wòtena kpɔna be yeaɖe nya me na amewo be woaxɔ Yesu dzi ase. 9Ame aɖewo mexɔ eƒe nya o ale wotsi tre ɖe eŋu vevie hegblɔ busunya geɖe ɖe Kristo ŋu le dutoƒo, nu sia na be Paulo dzo le wo gbɔ. Ke ekplɔ ame siwo xɔ eƒe nya la ɖe asi yi Tirano Takpexɔa me afi si wòƒo nu na wo le gbe sia gbe. 10Ewɔ nu sia ƒe eve sɔŋ ale be Yudatɔwo kple Helatɔ siwo katã le Ausia si le Terki nutoa me la katã se nyanyui la. 11Mawu wɔ nukunu tɔxɛwo to Paulo ƒe asi dzi, 12ale gbegbe be wòtsɔa takuviwo kple akɔtawuiwo kaa dɔnɔwo ŋu wohayana eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le wo me.

13Yudatɔ aɖewo hã nɔ tsatsam tso du me yi du me henɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam le amewo me. Ame siawo va ɖo be yewoayɔ Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ anya gbɔgbɔ vɔ̃e kpɔ be adze edzi na yewo mahã? Woɖoe be ne yewotu ame si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la, yewoado ɣli ɖe eta be, “Meɖe gbe na wò le Yesu Kristo, ame si ƒe nya gblɔm Paulo le la ƒe ŋkɔ me be nàdo go!” 14Ame siwo nɔ nu sia wɔm la woe nye Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Skeva la ƒe viŋutsuvi adreawo. 15Wova ke ɖe ame aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu vavã eye wote kpɔ be yewoanya gbɔgbɔ vɔ̃a le Yesu ƒe ŋkɔ me. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la bia wo be, “Menya nu tso Yesu kple Paulo ŋu nyuie, ke miawo ɖe, ame kawoe mienye?” 16Enumake edzo dze wo dometɔ eve dzi, ƒo wo de abi wo ŋu eye wòvuvu awu le wo ŋu ale be wosi do go le aƒea me amamae.

17Nya sia kaka ɖe Yudatɔwo kple Helatɔwo siaa dome le Efeso dua me. Ale vɔvɔ̃ tɔxɛ aɖe dze wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi eye wode bubu Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ ŋu. 18Ame geɖewo va eye woʋu woƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo me. 19Ame aɖe siwo nye afakalawo la lɔ woƒe dzogbãlewo kple nu kpotokpotoewo vɛ eye wotɔ dzo wo le dutoƒo. Nu siwo wotɔ dzoe la ƒe home anɔ abe sidi akpe enyi ene. 20Esia nye dzesi be mawunya xɔ aƒe le nutoa me vavã. 21Emegbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dee Paulo me be, wòayi Hela nutome hafi atrɔ ayi Yerusalem. Eya ŋutɔ hã ɖoe be tso afi ma la ele be yeayi Roma hã. 22Eɖo eƒe kpeɖeŋutɔ eve siwo nye Timotoe kple Erasto la ɖa be woadze ŋgɔ ayi Makedonia, Hela nutome, ke eya ŋutɔ gatsi Terki vie.

Demetrio ƒe zitɔtɔ

23Ke le ɣemaɣi la, masɔmasɔ gã aɖe va Efeso dua me le kristotɔwo ta. 24Ame si he masɔmasɔ sia vɛ lae nye Demetrio. Ame sia nye klosalonutula eye dɔwɔviwo nɔ esi fũ. Wonɔa Helatɔwo ƒe mawu, Diana, ƒe legbawo wɔm kple klosalo. 25Gbe ɖeka la, Demetrio ƒo eƒe dɔwɔlawo kple ame siwo katã nye klosalonutulawo le dua me la nu ƒu eye wòƒo nu na wo ale “Mía tɔwo, miawo ŋutɔwo mienya be klosalonutudɔ siae míewɔna ɖuna. 26Ke ele nyanya me na mi katã bena, Paulo va le tagbɔ gblẽm na amewo be mawu siwo wotsɔ asi wɔe la menye Mawu gbagbe o eye esia na be míaƒe dɔ megale edzi yim tututu le Efeso afii kple nutoa katã me o. 27Azɔ medi be mianya be menye míaƒe dɔwɔna ɖeɖe tae mele nya siwo gblɔm o ke boŋ ele bɔbɔe be míaƒe mawu bubutɔ, Diana, subɔsubɔ dzi aɖe kpɔtɔ eye madidi o la, Diana, si nye mawugã si wosubɔna le mía ƒe nutome afii kple xexeame godoo la ƒe ŋkɔ abu keŋ.”

28Nya sia de adã tame na ameha la ale wode asi ɣlidodo me sesĩe be, “Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo!”

29Ɣlidodo sia na be amewo va ƒo zi be yewoakpɔ nu si le edzi yim la ɖa eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, du blibo la katã tɔ zi. Ame sia ame ƒu du yi ƒuƒoƒea eye wolé Gayo kple Aristako ame siwo nye Paulo ƒe mɔzɔhatiwo, be woadrɔ̃ ʋunu wo. 30Paulo di vevie be yeadze wo yome ayi ƒuƒoƒea gake nusrɔ̃la bubuawo meɖe mɔ nɛ o. 31Roma srafo siwo le nutoa me la dometɔ siwo nye Paulo xɔlɔ̃wo hã ɖo ame ɖe egbɔ gblɔ nɛ be megado ta ɖe afi ma o ne menye nenema o la eƒe agbe aɖo xaxa me.

32Takpekpea ŋutɔ tɔ zi kɔtɔɔ. Ame sia ame nɔ ɣli dom nɔ nya sia nya ƒomevi si dze eŋu la gblɔm. Vavã, wo dometɔ geɖe hã menya nu si tututu ta wova ƒo ƒu ɖe afi ma gɔ̃ hã o.

33Yudatɔ aɖewo kpɔ Aleksandria ɖa le amewo dome eye enumake wohee do goe wòva tsi tre ɖe ameha la ŋkume. Ekɔ asi dzi eye ɖoɖoe zi, ale wòde asi nuƒoƒo me na wo. 34Ke esi ameha la kpɔe dze sii be Yudatɔ wònye la, wogade asi ɣlidodo me be, “Diana, Efesotɔwo ƒe mawu la, lolo loo! Diana, Efesotɔwo ƒe Mawu la, lolo loo!”

35Mlɔeba la, dudzikpɔla ble wo nu wozi ɖoɖoe ale wòƒo nu na wo gblɔ be, “Efesotɔwo, ame sia ame nya be Efeso du siae nye trɔ̃ gã Diana si ge tso dziƒo la ƒe du gã. 36Le esia ta mehia be ne ame aɖe gblɔ nya bubu aɖe ko la, mianɔ ʋunyʋunya wɔm alea gbegbe o. 37Ame siwo mielé va afii la mefi naneke le Diana ƒe gbedoxɔ me o eye womegblɔ nya gbegblẽ aɖeke ɖe Diana ŋu hã o. 38Gake ne Demetrio kple eƒe hadɔwɔlawo kpɔ be nya aɖe le yewo kple ame siawo dome la ekema ɖe wòle na wo be woatsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ʋɔnudrɔ̃lawo hã le klalo be yewoadrɔ̃ nyaa na wo. 39Ne nya bubu aɖe gali la, ekema woate ŋu ayi Dutakpekpea me aɖalé wo kpɔ. 40Ke ne miekpɔ nyuie o la, Roma dziɖuɖua abia tso mía si be míana akɔnta le egbe ƒe ʋunyaʋunya si nu ta mele o la ŋu, eye nyemenya nya ka magblɔ ne wòva eme alea o.”

41Ale dudzikpɔla la kaka ƒuƒoƒoa eye ame sia ame trɔ dzo yi aƒeme.

Copyright information for EweBEE